Saul ƒe Nugbeɖoɖo hena Dawid Wuwu
Nuxexlẽwo: Samuel I, 18:1–30; 19:1–24
Nyaléɖetame: “Eye Saul di be, yeato akplɔ Dawid amimi ɖe gli ŋu, ke ede axa na Saul, eye akplɔ yi ɖatɔ gli. Eye Dawid si dzo le zã ma me” (Samuel I, 19:10).
Kwasida si va yi la, miesrɔ̃ nu tsɔ ale si Dawid ɖu Goliat dzi la ŋuti. Le nusɔsrɔ̃ me la, woyɔ xɔsetɔwo katã, be woadzraɖo hena aũahoho ɖe ŋutilã, nu vɔ̃ kple xexeame ŋu. Esi wõnye wodo dziɖuɖu ŋugbe na mí ta la, edze be míatsɔ dziɖoɖo ɖe Mawu ŋu awɔ kalẽ, ale be míaɖu dzi le Yehowa ƒe Ɲjkɔa mí abe ale si Dawid ɖu dzi la ene.
Egbea miele nu srɔ̃m tsɔ Saul ƒe nugbe, si wɔɖo ɖe Dawid ŋu hena ewuwu la ŋuti. Le dziɖuɖu ɖe Goliat dzi vo megbe la, Israel kpɔ dzidzɔ hekafu Mawu, eye wodo Dawid kple Saul ɖe dzi, eye wogblɔ bena Saul wu akpe ɖeka ke Dawid ya wu akpe ewo. Esia he ŋuũaũã va Saul me vevie. Dawid ƒe ŋkɔ nyɔ le Israel, eye dukɔ blibo la ƒe dzi dze eyome. Nu sia na fulélẽ, ŋuũaũã ge ɖe Saul me, eye wõdi be yeawu Dawid. Eɖo eƒemetɔwo kple asraƒowo ɖe eŋu, gake nu si wo eƒe dzɔgbevɔ̃e dzi ɖe dzi la enye bena, via Yonatan va dze xɔlɔ̃ kple Dawid vevie, eye wõnye xɔlɔ̃ anukwaretɔwo. Ame vɔ̃ɖiwo ate ŋu ati ame dzɔdzɔe la yome, gake Mawu aɖee tsɔ wo si me keŋ.
1. AME DZƆDZƆEWO ƒE XƆLƆ̃DZEDZE LE YONATAN KPLE DAWID DOME
Samuel I, 18:1–5; 19:2–7
(i). Dawid Kple Yonatan ƒe Goɖoɖo: Samuel I, 18:1–3
Dawid aɖe goɖoɖo le Saul gbɔ nye Mawu ŋutɔ ƒe ɖoɖo, si mele nyanya me na wo dometɔ aɖeke o, elabena Mawu le mɔ tam na eƒe ɖola hena xeyixi siwo gbɔna la. Edze be xɔsetɔwo naɖo dzi ɖe Mawu ŋu, eye woazɔ yi ŋgo le xɔse me, elabena Ame si yɔ mí ve la, Eya ŋutɔ nya ale si yɔ Wõata mɔ na mí, ale be míaɖu dzi ƒe kple dziɖuɖu blibo hena Eƒe ŋutikɔkɔe. Mawu wo ame eve siawo ɖekae le lɔlɔ̃ vavã me alegbegbe bena, womate ŋu agblẽ wo noewo ɖi gbeɖe o.
(ii). Xɔlɔ̃dzedze Vavã ƒe Gomeɖoɖo: Samuel I, 18:4–5; Korintotɔwo I, 15:33
Loɖoɖo aɖe gblɔ bena, “fiam ame si nye magblɔ ame si nènye la na wɔ”. Dawid kpel Yonatan ƒe xɔlɔ̃dzedze sia nɔ anyi ɖe nyateƒe, anukwarenyenye, mawuvɔvɔ̃ kple asixɔxɔ tsɔtsɔ na amegbetɔ ƒe agbe ɖetso mele tsɔme la dzi. Yonatan kpɔ kplɔla vavã le Dawid me, eyata wɔdze xɔlɔ̃ kplii. Alakpanuwɔwɔ aɖeke mele wo dome o. Yonatan ƒe aƒɔɖeɖe kple nuwɔwɔ enye nyagblɔɖi tɔ. Etsɔ eƒe fiasamewu do na fia si gbɔna la, eye mlɔeba atsi nɔ anyi ŋe abe fia ene. Mina míaɖe gbe ɖe dziɖuɖu tsɔ be wɔade mío kplɔlawo dome toɖoɖo woe? Ale si woƒe nunɔlawo fia wo be, woawo la, Filistɔ siawo wo nenema pepepe, eye aɖaka la va ɖo Israel, eye wokpɔ dzidzɔ hewɔ vɔsa na Yehowa.
(iii). Xɔlɔ̃ Vavã ƒe Viɖewo: Samuel I, 19:2–7
Le xɔlɔ̃nyenye vavã la, wokpoa ame noewo ta, abe ale si ko míekpɔe le afi sia ene. Yonatan melɔ̃ be woawo vɔ̃ Dawid o, nenye be nugbeɖoɖo la atso ƒoƒoa gbɔ ŋutɔ gɔ hã. Dawid hã lɔ̃ hele do wom kple aɖaŋu le asraƒowo kpɔkplɔ me, ale be woagawɔ vɔ̃ Yonatan le naneke me o. Nyateƒe wõnye, ne ɖekawɔ aɖe anyi le beble kple alakpadada me la, mate ŋu ayi ŋgɔ gbeɖe o. Ne nɔvi ŋustu kple nɔvi nyɔnu aɖewo le wo ɖokuiwo blem, eye woble hamea ƒe kplɔlawo, eye mlɔeba wolé wo wo ɖeka le srɔ̃ɖeɖe me la, esia menɔa anyi yia ŋgɔ o. Eme yona kple nu madzɔdziwo kple kuxi, siwo wua tsɔtsɔ la. Edze be míagbe nu le habɔbɔ ɖe sia ɖe, si me nyateƒetoto alo mawuvɔvɔ̃ mele o la gbɔ. Yonatan ũli ŋutifafa ta le Dawid kple ƒoƒoa Saul dome. Esia enye xɔlɔ̃nyenye vavã. Habɔbɔ siwo me dɔ dzie ƒo na wo noewo le be, woadze aglã, woawo nu ɖe hame la kple Mawu ŋuti la, habɔbɔ manyomayo kple esi hea mawume ũɔnuɖɔrɔ vae la wõnye.
2. SAUL ƒE NUGBEƉOƉO MADZUDZƆMADZUDZƆ HENA DAWID WUWU
Samuel I, 18:6–11; 19:1,8–24
(i). Dawid ƒe Dziɖuɖu Dzidzɔ Vevesesetɔ La: Samuel I, 18:6–8
Tso keke esi Dawid kpɔ dziɖuɖu de Goliat kple Filistitɔwo dzi, eye wɔgbɔ tsɔ aũa me ko la, nuwo trɔ̃ ɖe Dawid wuwu aŋko dzidzɔ ɖe Israel blibo la, eye woakafu Mawu ɖe du hafi, gake dziɖuɖu sia va zu vɔvɔ̃ ŋdzi ƒe dzɔƒe ne le Saul ta. Esi Saul ale si Israel ate si do le yowo bua ŋga atsɔ ɖe dzi wua ye. Dziku yo Saul ƒe dzime kple ŋuũaũã. Edze be xɔsetɔ la nayi eɖokui me ŋutɔŋutɔ: “Dziku la nu si wõna, nenye be nɔvi bubu le dzidzedze kpɔm, eye menye wõe o mahã? Nya kae dziwo gblɔna na wõ?”
(ii). Saul ƒe Ahɔhlɔ̃bɔbɔ La: Samuel I, 18:9–11; 19:8–10
Dziku, ŋuũaũã kple domeveví ũu ũɔtru na gbɔgbɔ vɔ̃wo le Saul ƒe agbe me. Dziku, ŋuũaũã, ŋubiã, le Saul me afi sia agbe me, ale be wõadi dzɔgbɔ vɔ̃wo ƒe dziɖuɖu me. Ame aɖewo to esia me xɔ adze gbɔgbɔ kple ƒiƒodewo me, be yeawu Dawid ɖe eƒe afeme. Dawid mewo naneke ɖe Saul ŋu o. Yometiti sia sesẽ ɖe Dawid dzi. Esia megbe la, etso Dawid ɖo si aƒɔku le le asraƒowo ŋgo le aũawowo me. Eɖoe bena, yeawui kokoko. Le esiawɔ katã me la, Dawid meɖo vɔ̃ vɔ̃ tefe o, ke boŋ ezɔ kple nunya kpakplé aɖaŋu. Edze be xɔsetɔwo nanɔ ŋudzɔ ɖaa alea.
(iii). Saul Di Habɔbɔ Ðe Eɖokui Ɲu: Samuel I, 19:11–24
Saul di ɖolawo na eɖokui, be woawo nu si dim wõle ɖe Mawu ŋu. Via nyɔnu ŋutɔ, si wɔɖo la tsí tre ɖe eŋu, eye wõwo nu tovo ɖe eƒe tameɖoɖo la ŋu. Ekpe ɖe Dawid ŋuti boŋ, eye wõna wõsi le ƒoƒoa Saul ƒe nugbeɖoɖo la tsɔ ƒoƒoa gbɔ ŋutɔ gɔ hã. Dawid hã lɔ̃ hele do wom kple aɖaŋu le asraƒowo kpɔkplɔ me, ale be woagawɔ vɔ̃ Yonatan le naneke me o. Nyateƒe wõnye, ne ɖekawɔ aɖe anyi le beble kple alakpadada me la, mate ŋu ayi ŋgɔ gbeɖe o. Egblɔ ŋya ɖi nyuie tsɔ ale si Saul wu ŋuti, gake eya ŋutɔ ƒe dzime yo taŋ kple vɔ̃inyenye. Eƒe ŋyagblɔɖi la le tete pepepe gake lɔlɔ̃ vavã mele eƒe dzime o. Ne mia ŋutɔ be wõadi Mawu ƒe ŋlɔ̃lɔ̃ fia la wo be, woadze aglã, woawo nu ɖe hame la kple Mawu ŋuti la, habɔbɔ manyomayo kple esi hea mawume ũɔnuɖɔrɔ vae la wõnye. Ne nonome sesẽwo va xɔsetɔ la dzi la, edze be wõadi aɖanuɖoɖo tsɔ kplɔlawo gbɔ. Esia le vevi ŋutɔ.
3. SAUL ƒE DAWID VƆVƆ̃ ÐAA
Samuel I, 18:28–30
(i). Sidzedze Si He Vɔvɔ̃ Ve Na Saul: Samuel I, 18:28–29
Saul dze si bena, Mawu ƒe asi le Dawid dzi, eye via nyɔnu Mixa lɔ̃e hekpe ɖe Yonatan ŋuti, eye wõgavɔ̃ geɖe. Vɔvɔ̃ sia mekplɔe wõtsɔe abe eɖokui ƒe asi na dzimesesẽ geɖe wu. Edze be sidzedze ƒomevi sia nakplɔ xɔsetɔwo kple nu vɔ̃wolawo woavɔ̃ Mawu, eye woabɔbɔ wo ɖokuiwo na Eyama blibo.
(ii). Ɲutilãme ƒe Kametete kple Ɲullãũã ƒe Aƒoku: Samuel I, 18:30
Nu si tae Saul mã asraƒowo ɖe eve, eye wõtsɔ Dawid ɖo ɖeka nu la, enye bena Filistitɔwo nawui ale, be magava xɔ ŋkɔ awu ye le Israel o. Saul tsɔ Dawid ɖo afi si aũa la sesẽ le, eye wõtsɔ eƒe ɖolawo ɖo tefe si mesesẽ ƒe la. Saul ƒe tameɖoɖo kple eũawõlawo enye be: “aleke ko dɔm nu la, ezu ame bubu ƒe dzido, eye wõdina be, ame keme nadze anyi, ne yeaxɔ tefe: nu sio abɔsam gbɔ, gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Ame siwo bua vɔ̃ sia ɖe ame bubuwo ŋuti lã, woawo nu tɔe va gena ɖe do si woɖe la me, abe ale si wõna me na Saul ene.
(iii). Mawume ƒe Ametakpɔkpɔ Ðe Dawid Dzi: Samuel I, 18:30; Yesaya 54:17
Mawu kpɔ Dawid ta tsɔ Saul ƒe amedzidzedzewo katã me, nenema ke eya ŋutɔ hã zɔ kple aɖaŋu le nu sia nu me le egbɔ. Ne xɔsetɔ hã zɔ le mawume nunya kple ŋudzɔnɔnɔ me la, eya akpɔ dzidzedze nyui le nuwo katã me, elabena Mawu matsɔ ame dzɔdzɔe ade asi na ame vɔ̃ɖi o.